Matthew 18:1-5

Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?

(Marko 9:33-37; Luka 9:46-48)

1Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”

2Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ŋkume. 3Azɔ egblɔ na wo be, “Ne ame aɖe metsri nu vɔ̃ eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. 4Eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 5Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ma wòxɔ.
Copyright information for EweBEE